Psalmo 39
David ƒe ha na hɛnɔ Yedutun.
Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu,
akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o,
eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la,
made ga nye nu.”
Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo,
eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la,
nye vevesese do ga ɖe edzi.
Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam;
esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi;
tete meƒo nu kple nye aɖe.
 
“O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu
kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam;
eye na manya ale si nye agbe le du dzii.
Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene,
eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o.
Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene.
Sela
 
“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm,
ke vɔvɔli ko wònye.
Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro
Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle,
gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.
 
“Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na?
Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.
Ɖem tso nye vodadawo katã me,
eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o.
Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o,
elabena wòe wɔ esia.
10 Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa;
wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba.
11 Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta;
ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene,
ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene.
Sela.
 
12 “O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,
nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò;
mègado toku nye avifafa o.
Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò
abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.
13 Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi,
eye nyemaganɔ anyi o.”