Psalmo 40
David ƒe ha na hɛnɔ la.
Mele mɔ kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me;
etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo.
Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me,
eye wòɖem tso ba finyafinya me,
hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi,
eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.
Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la.
Ame geɖewo akpɔe,
woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
 
Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu,
ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu,
alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.
O! Yehowa, nye Mawu,
wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo!
Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la,
ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o.
Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu,
eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o,
elabena wosɔ gbɔ akpa.
 
Mèdi vɔsa kple nunana,
alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o,
ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe,
eya ta meɖo ŋu be,
“Nyee nye si meva;
agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye.
Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu,
O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”
 
O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome,
eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o.
10 Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o,
ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti.
Nyemeɣla wò lɔlɔ̃
kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o.
 
11 O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o,
ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa,
12 elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem,
nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam
eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.
Wosɔ gbɔ wu nye taɖa,
eye dzi ɖe le ƒonye.
13 O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem;
O! Yehowa, va kaba nàɖem.
 
14 Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la;
woƒe mo netsi dãa,
eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la
negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
15 Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be,
“Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo.
16 Ke ame siwo katã dia wò la akpɔ dzidzɔ,
eye woatso aseye akpɔ dzidzɔ le mewò.
Ame siwo lɔ̃a wò ɖeɖe la negblɔ ɖaa be,
“Mido Yehowa ɖe dzi!”
 
17 Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem,
O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu,
wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname,
mègahe ɖe megbe o.