Psalmo 44
Korah ƒe viwo ƒe nufiameha na hɛnɔ la.
O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee
kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na
mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema.
Ètsɔ wò asi nya dukɔwo,
eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe.
Ègbã dukɔwo gudugudu,
ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi.
Anyigba mesu wo si to
woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo,
alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o,
ke boŋ wò nuɖusi,
wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo,
elabena èlɔ̃ wo.
 
Wòe nye nye Fia kple nye Mawu,
wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.
To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe,
eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.
Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o,
eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o,
ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi,
eye nèna ŋukpe lé míaƒe adikatɔwo.
Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la,
eye míakafu wò ŋkɔ tegbetegbe.
Sela
Ke azɔ la, ègbe mí, eye nèbɔbɔ mí ɖe anyi;
azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o.
10 Èna míegbugbɔ ɖe megbe le míaƒe futɔwo ŋgɔ,
eye míaƒe ketɔwo ha mí.
11 Ètsɔ mí na be woavuvu mí abe alẽwo ene,
eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome.
12 Ètsɔ wò dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe
eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o.
 
13 Ètsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo,
eye míezu alɔmeɖenu kple nu ɖikokoe na ame siwo ƒo xlã mí.
14 Ètsɔ mí wɔ lodonu le dukɔwo dome,
eye amewo ʋuʋua ta ɖe mía ŋu ne wokpɔ mí.
15 Nye vlododo le ŋkunye me ŋkeke blibo la,
eye ŋukpe tsyɔa mo nam,
16 ne vlodolawo, fewuɖulawo le nunye ɖiam,
elabena futɔ la ɖoe kplikpaa be yeabia hlɔ̃m.
 
17 Togbɔ be míeŋlɔ wò be,
alo da alakpa le wò nubabla la me o hã
la, èna nu siawo katã va mía dzi.
18 Míaƒe dziwo metrɔ le yowòme o,
eye míaƒe afɔwo hã metra le wò mɔ dzi o.
19 Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome,
eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi.
 
20 Nenye ɖe míeŋlɔ míaƒe Mawu ŋkɔ be,
alo ke míaƒe abɔwo na dzromawu aɖe la,
21 ɖe Mawu manya esi wònya
dzimenu ɣaɣlawo katã oa?
22 Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la,
eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.
 
23 Nyɔ, O Aƒetɔ! Nu ka ta nèle alɔ̃ dɔm ɖo?
Fɔ! Mègagbe mí ɖikaa o.
24 Nu ka ta nèɣla wò mo,
eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo?
 
25 Wohe mí ƒu ke me,
eye míaƒe ŋutilã lé ɖe anyigba.
26 Tso, nàxɔ na mí,
ɖe mí le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.