Psalmo 45
Korah ƒe viwo ƒe nufiameha si nye srɔ̃ɖeha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe dzogbenya ƒe gbeɖiɖi nu.
Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me
esi mele ha sia kpam na fia la,
eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.
 
Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã,
wotsɔ amenuveve si ami na wò nuyi,
elabena Mawu yra wò tegbee.
 
O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali,
eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.
Do sɔ dziɖuɖutɔe le wò fianyenye me.
Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me,
na wò nuɖusi naɖe wò nuwɔwɔ dziŋɔwo afia.
Na wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo naŋɔ fia la ƒe futɔwo ƒe dzi,
eye na dukɔwo nadze anyi ɖe wò afɔ nu.
O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,
wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.
Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ;
eya ta Mawu, wò Mawu la
ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ
ƒe amisisi na wò me.
Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me.
Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me.
Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome,
eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime.
 
10 O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi.
Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.
11 Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ,
eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ.
12 Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ,
eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
13 Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me;
eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.
14 Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka,
eye wokplɔe va fia la gbɔe;
eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo,
eye wokplɔ wo vɛ na wò.
15 Wokplɔ wo ge ɖe eme le dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso me,
ale woge ɖe fiasã la me.
 
16 Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe,
eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi.
 
17 Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me,
eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.