Psalmo 49
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.
Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia;
mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,
mi ame dzodzrowo kple amegãwo,
ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa.
Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo,
eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ.
Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu,
eye mato adzo kple nye kasaŋku.
 
Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va,
ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm,
ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu,
eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo?
Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbe
alo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o.
Agbeƒlega menye ga sue o,
eye ga home aɖeke made enu be
amea nanɔ agbe tegbee,
eye makpɔ ku o.
10 Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna;
bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na,
eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.
11 Togbɔ be anyigbawo le wo
si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la,
woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee,
eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.
 
12 Togbɔ be kesinɔnu geɖewo
le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o,
ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.
 
13 Esia nye nu si dzɔna ɖe
ame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi.
Aleae wòanɔ na wo yomedzela
siwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi.
Sela
14 Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene,
eye woanye nuɖuɖu na ku.
Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi,
woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me,
eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ.
15 Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me,
eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ.
Sela
16 Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la,
megawɔ moya na wò o,
ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o,
17 elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o,
eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o.
18 Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra,
eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la,
19 ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzime
si magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o.
 
20 Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la
le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.