Psalmo 50
Asaf ƒe ha.
Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na
anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.
Mawu klẽ tso Zion
le eƒe anidzedze blibo la me.
Míaƒe Mawu la gbɔna,
ahom le tutum le eŋgɔ,
dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.
Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo
kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,
“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam,
ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”
Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye,
elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la.
Sela
 
“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge,
O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò,
elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la.
Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa
alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o.
Nyemehiã nyitsu tso wò nyikpo me,
alo gbɔ̃wo tso wò gbɔ̃kpo me o,
10 elabena avemelãwo katã tɔnye wonye,
kple nyi siwo le togbɛ akpewo dzi.
11 Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi,
eye nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le gbe me la tɔnyee wonye.
12 Ne dɔe le wuyem la, nyemagblɔe na wò o,
elabena xexea me kple nu siwo katã le eme la nye tɔnye.
13 Ɖe meɖua nyilã
alo noa gbɔ̃wo ƒe ʋua?
 
14 “Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu,
eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la.
15 Miyɔm le xaxagbe,
maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”
16 Ke Mawu le gbɔgblɔm na ame vɔ̃ɖi la be:
“Mɔ ka nèkpɔ be nàxlẽ nye sewo afia,
alo alé nye nubabla la ɖe nu?
17 Wò la èlé fu nye nufiame,
eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbe.
18 Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii,
eye nèdea ha kple ahasitɔwo.
19 Nya vlowo doa go le nuwò,
eye wò aɖe blea ame.
20 Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu,
eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu.
21 Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe,
eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene,
gake maka mo na wò,
eye mado asi ɖe mo na wò.
 
22 “Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be,
ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ,
eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.
23 Ame si na akpedavɔsa la,
de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be
mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”