Psalmo 67
Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí,
na wò mo naklẽ ɖe mía dzi,
Sela
Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi
kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.
 
O! Mawu, dukɔwo akafu wò,
anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.
Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye,
elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me,
eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo.
Sela
Mawu, dukɔwo katã akafu wò;
wòe dukɔwo katã akafu.
 
Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu,
míaƒe Mawu la ayra mí.
Mawu ayra mí, eye anyigba
ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.