Psalmo 68
David ƒe ha na hɛnɔ la.
Mawu tso, na wò futɔwo naka hlẽ,
na wò ketɔwo nasi le nuwò.
Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene.
Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la,
nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.
Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ,
atso aseye le Mawu ŋkume;
na woakpɔ dzidzɔ, eye woatu aglo.
 
Midzi ha na Mawu,
midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ,
mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi,
eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;
eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo,
ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.
Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me,
enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo.
Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
 
O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ,
hezɔ to gbegbe la,
Sela
anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu,
si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu,
Israel ƒe Mawu la ŋkume.
O! Mawu, èna tsi dza fũu,
eye nèna wò domenyinu si nu ti kɔ na
belibelibeli la gakpɔ ŋusẽ.
10 Mawu, wò amewo yi ɖanɔ edzi,
eye tso wò nu gbogboawo me, èna nu ame dahewo.
 
11 Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la,
eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be,
12 “Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba,
elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me.
13 Esi miele alɔ̃ dɔm le lãkpowo dome la,
wotsɔ klosalo fa ɖe nye ahɔnɛ ƒe aʋala ŋu,
eye wotsɔ sika si le keklẽm la fa ɖe eƒe fuwo ŋuti.”
14 Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la,
enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene.
 
15 Basan towo ƒe dzedzeme
kple kɔkɔme nya kpɔ ŋutɔ;
to tsaklitsakliwo Basan toawo nye.
16 O! To tsaklitsakliwo,
nu ka ta mietsɔ ŋuʋaʋã ƒe ŋku
le to si Mawu tia be wòanye yeƒe fiazikpui ƒe nɔƒe
kple Yehowa ŋutɔ ƒe nɔƒe tegbee la kpɔmii?
17 Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo
kple akpe teƒe akpewo;
Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.
18 Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe,
èxɔ nunana tso amewo gbɔ,
tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò,
O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma.
 
19 Kafukafu woana Aƒetɔ, Mawu míaƒe Ɖela,
ame si tsɔa míaƒe agbawo gbe sia gbe.
Sela
20 Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame;
ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi.
21 Vavã, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo
kple dzodome na ame siwo gale woƒe nu vɔ̃wo dzi yim.
22 Aƒetɔ la gblɔ be,
“Makplɔ wo vɛ tso Basan;
makplɔ wo ado goe tso atsiaƒu ƒe gogloƒe ke,
23 be nàklɔ afɔ ɖe wò futɔwo ƒe ʋu me,
eye wò avuwo ƒe aɖewo hã nakpɔ wo tɔ gome.”
 
24 O! Mawu, wole míaƒe azɔlime kpɔm,
wole ale si nye Mawu
kple fianye zɔ ge ɖe kɔkɔeƒe lae la kpɔm.
25 Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe,
hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo
le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome.
26 Mikafu Mawu le ameha gã la dome.
Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me.
27 Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo,
Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma,
eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma.
 
28 O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ;
O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene.
29 Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la,
fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò.
30 Blu ɖe lã wɔadã siwo le aƒlawo me
kple nyitsuwo ƒe ha siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta.
Netsɔ klosalokɔ gãwo vɛ le ɖokuibɔbɔ me.
Kaka dukɔ siwo aʋawɔwɔ doa dzidzɔ na.
31 Ame dɔdɔwo atso Egipte ava,
eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te.
 
32 O! Mi anyigbadzifiaɖuƒewo,
midzi ha na Mawu,
midzi kafukafuha na Aƒetɔ la,
Sela
33 Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi,
eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.
34 Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ,
ame si ƒe atsyɔ̃ le Israel dzi,
eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli ŋu.
35 O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la;
Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ
kple ŋutete eƒe dukɔ la.
 
Woakafu Mawu!