Psalmo 70
David ƒe ha na hɛnɔ la. Kukuɖeɖe.
O! Mawu, netsɔ nàɖem;
O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam.
 
Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo
le nye agbe yome tim la dzi.
Ame siwo le nye gbegblẽ dim la
negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
Na be ame siwo le gbɔgblɔm be,
“Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la
natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.
Ke ame siwo dia wò la netso aseye;
woakpɔ dzidzɔ le mewò,
eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be,
“Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!”
 
Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum,
eya ta va gbɔnye kaba.
O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o,
elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.