Psalmo 71
O! Yehowa, mewòe mebe ɖo,
mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.
Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta;
trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam.
Nye sitsoƒe ƒe agakpe,
afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi.
Ɖe gbe be woaxɔ nam,
elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.
O! Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,
eye nàɖem tso nu tovo wɔlawo
kple ŋutasẽlawo ƒe fego me.
Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ
kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke,
O! Aƒetɔ Yehowa.
Tso nye dzigbe ke,
wò ko ŋu meku ɖo,
elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me,
eya ta makafu wò ɖaa.
Mezu nu maɖinu na ame geɖewo,
gake wòe nye nye mɔ sesẽ.
Wò kafukafu yɔ nye nu me,
eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la.
Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o,
eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.
10 Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye,
eye ame siwo le lalam be yewoawum la,
wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.
11 Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome,
míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”
12 O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,
O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.
13 Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe,
eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ
ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.
14 Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa,
eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi.
15 Nye nu aɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye
kple wò xɔname ŋkeke blibo la,
togbɔ be nyemenya eƒe kpekpeme o hã.
16 Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo,
O Aƒetɔ Yehowa.
Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye,
wò ɖeka tɔ ko.
17 O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke,
nèfia num, eye va se ɖe egbe la,
mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo.
18 O! Mawu, ne metsi,
ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o,
va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ
na dzidzime si ava dzɔ
kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.
19 O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke,
wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo.
O! Mawu, ame kae le abe wò ene?
20 Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la,
àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm
ado goe tso anyigba ƒe tume ke.
21 Àdzi nye bubu ɖe edzi,
eye àgafa akɔ nam.
 
22 O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku
le wò nuteƒewɔwɔ ta;
madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku,
O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ.
23 Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli,
ne mele kafukafuhawo dzim na wò,
nye ame si nèɖe.
24 Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye
ƒe dɔwo ŋkeke blibo la,
elabena ŋukpe kple tɔtɔ va
ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.