Psalmo 74
Asaf ƒe nufiameha.
O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa?
Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?
Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema,
dukɔ si nye wò domenyinu,
ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.
Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu,
gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.
 
Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le;
wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma.
Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asi
le ave dodowo me be woalã atiwo ene.
Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu
siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu.
Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba,
eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.
Wogblɔ le woƒe dzi me be,
“Míagbã wo gudugudu!”
Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le,
le anyigba dzi.
 
Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o;
womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o
eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.
10 O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu
le ŋuwò ase ɖo?
Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?
11 Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo?
Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo!
 
12 Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke;
wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.
 
13 Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu,
eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me.
14 Wòe gbã Leviatan ƒe ta,
eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo.
15 Wòe ʋu nu le tsitsetsewo
kple tɔʋuwo nu wosi bababa,
eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.
16 Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe;
wòe wɔ ɣe kple ɣleti.
17 Wòe ɖo liƒo na anyigba,
eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli.
 
18 O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò
kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.
19 Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o,
eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o.
20 Tsɔ ɖe le wò nubabla la me,
elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu.
21 Mègana ame siwo wote ɖe anyi la
nate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o;
ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ.
22 O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta;
ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem
le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi.
23 Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ,
kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o.