Psalmo 75
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu.
O! Mawu, míeda akpe na wò,
míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ,
eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.
 
Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi,
elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.
Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la,
nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe.
Sela
Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be,
‘Midzudzɔ dada,’
eye na ame vɔ̃ɖi be,
‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.
Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o,
eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ ”
 
Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe,
ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,
ke boŋ Mawue nye afiatsola,
eɖea ame sia le zi dzi,
eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.
Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me,
wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme;
ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi,
wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.
 
Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be;
madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;
10 maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo,
ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.