Psalmo 76
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
Wonya Mawu le Yuda,
eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.
Eƒe agbadɔ le Salem,
eye eƒe nɔƒe le Zion.
Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo,
akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo.
Sela
 
Keklẽ geɖe ƒo xlã wò,
eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la.
Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ;
aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ
hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o.
O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la,
sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka.
 
Wò ko wòle be woavɔ̃.
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?
Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo,
anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe.
O! Mawu, esi nètso be yeatso afia,
aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la,
nu sia nu zi ɖoɖoe.
Sela
10 Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu,
he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe
le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.
 
11 Miɖe adzɔgbe na Yehowa, miaƒe Mawu la,
eye mixe adzɔgbeɖefeawo;
anyigba siwo katã ƒo xlã mi la
netsɔ nunanawo vɛ na Ame si wòle be woavɔ̃ la.
12 Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu;
anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.