Psalmo 78
Asaf ƒe nufiameha.
O! Nye dukɔ, mise nye nufiame,
eye miɖo to nye numenyawo.
Make nye nu, aƒo nu le lododowo me.
Magblɔ nu siwo le ɣaɣla,
nu siwo li tso blema ke.
Nu siwo míese, eye míenya,
nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí.
Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o,
ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ
siwo dze na kafukafu,
eƒe ŋusẽ kple nukudɔ
siwo wòwɔ la na megbeviwo.
Ewɔ ɖoɖowo na Yakob,
eye wòɖo se anyi ɖe Israel,
se siwo ŋu wòde se na
mía fofowo be woafia wo viwo,
ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo,
eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo,
ne woawo hã nafia wo viwo.
Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi,
eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o,
ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.
Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo,
dzidzime dzeaglã,
ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o,
eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o.
 
Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la,
wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe.
10 Womelé Mawu ƒe nubabla me ɖe asi o,
eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe se la nu o.
11 Woŋlɔ nu si wòwɔ la be,
esiwo nye nukunu siwo wòɖe fia wo.
12 Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume
le Egiptenyigba dzi,
le Zoan nuto me.
13 Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee,
eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.
14 Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me,
eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me.
15 Efe agakpe me le gbegbe,
eye wòna tsi wo wòsɔ gbɔ
abe atsiaƒumetsiwo ene.
16 Ena tsi do tso agakpe me
eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene.
 
17 Ke woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu,
eye wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le gbedzi.
18 Wotsɔ woƒe lɔlɔ̃nu te Mawu kpɔ,
esi wobia nuɖuɖu si le wo dzrom vevie.
19 Woƒo nu tsi tsitre ɖe Mawu ŋu be,
“Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ na mí le gbedzia?
20 Esi wòtsɔ nu ƒo agakpe la, tsi do bababa,
eye tɔʋuwo si kplakplakpla.
Gake ɖe wòate ŋu ana nuɖuɖu mía?
Ate ŋu ana lã eƒe dukɔa?”
21 Esi Yehowa se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie;
eƒe dzo bi ɖe Yakob ŋu,
eye eƒe dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu,
22 elabena womexɔ Mawu dzi se,
alo ka ɖe eƒe xɔname dzi o.
23 Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi,
eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo,
24 ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu,
eye wòna bli wo tso dziƒo.
25 Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu,
eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo.
26 Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo,
eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ.
27 Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene,
eye xe dzodzoewo abe ƒutake ene.
28 Ena woge dze woƒe asaɖa me,
eye woƒo xlã woƒe agbadɔwo.
29 Ale woɖui ʋuu heɖi ƒo taŋ,
elabena ewɔ nu si dzrom wole la dzi na wo.
30 Ke hafi nuɖuɖu si wodzro la navɔ,
eye esi wògale nu me na wo ko la,
31 Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu;
ewu ame sesẽwo le wo dome,
eye wòlã Israel ɖekakpuiwo ƒu anyi.
 
32 To nu siawo katã gbɔ hã la,
wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi,
eye togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la,
womexɔe se o.
33 Ale wòna woƒe ŋkekewo wu nu nanekemakpɔkpɔe,
eye woƒe ƒewo wu nu le ŋɔdzi me.
34 Ɣe sia ɣi si ke Mawu wu wo ko la,
wodinɛ, eye wogatrɔna ɖe eŋu kple vevidodo.
35 Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe,
eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela.
36 Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ,
eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.
37 Woƒe dziwo meku ɖe eŋu vavã o,
eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o.
38 Gake ekpɔ nublanui na wo;
etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o.
Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi,
eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o.
39 Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye,
eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o.
 
40 Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi,
eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o!
41 Enuenu wotea Mawu kpɔna,
eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
42 Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi,
gbe si gbe wòɖe wo tso ŋutasẽla ƒe asi me,
43 gbe si gbe wòɖe eƒe nukudzesiwo fia
le Egipte kple eƒe nukudɔwo fia le Zoan nuto me o.
44 Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu,
eye womete ŋu no woƒe tɔʋumetsi o.
45 Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome,
woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo.
46 Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo
kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo.
47 Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi,
eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ.
48 Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi,
eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo.
49 Eɖo eƒe dɔmedzoe nyanyra,
dziku helĩhelĩ, xaxa kple fuwɔame,
siwo nye mawudɔla siwo gblẽa nu la ɖe wo.
50 Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe;
meɖe woƒe agbe tso ku me o,
ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃.
51 Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi
siwo nye woƒe ŋutsunyenye
ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.
52 Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene,
eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi.
53 Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o,
gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi.
54 Ale wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la ƒe liƒo dzi,
va tonyigba si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔ.
55 Enya dukɔwo le wo ŋgɔ,
eye wòma woƒe anyigba na wo be
wòanye woƒe domenyinu,
eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me.
 
56 Ke wote Mawu kpɔ,
wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu,
eye womelé eƒe sewo me ɖe asi o.
57 Abe wo fofowo ene la,
womeɖo to o, wowɔ nu dzimaxɔsetɔe,
eye wole abe dati doagblɔ ene,
elabena womate ŋu aka ɖe wo dzi o.
58 Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dɔmedzoe nɛ,
eye woƒe legbawo na ŋuʋaʋã tso le eya amea me.
59 Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ,
eye wògbe Israel keŋkeŋ.
60 Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi,
agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome.
61 Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome,
eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la.
62 Etsɔ eƒe dukɔ de asi na yi,
eye wòdo dɔmedzoe vevie ɖe
eƒe domenyinu la ŋu.
63 Ena dzo fia eƒe ɖekakpuiwo,
eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o.
64 Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi,
eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo.
 
65 Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna
le mo na ame si no wain mu la ene.
66 Enya eƒe futɔwo do ɖe megbe,
eye wòdo ŋukpe mavɔ wo.
67 Emegbe la, wògbe nu le Yosef ƒe agbadɔwo gbɔ,
eye metia Efraim ƒe to la o.
68 Ke boŋ etia Yuda ƒe to la,
esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie.
69 Etu eƒe kɔkɔeƒe la abe kɔkɔƒe ene,
eye abe anyigba si wòli kee tegbetegbe ene.
70 Etia David dɔla,
eye wòɖee le alẽkpo me;
71 tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ,
Yakob kple eƒe domenyinu, Israel.
72 David kpɔ wo dzi le dzi dzɔdzɔe me,
eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me.