Psalmo 79
Asaf ƒe ha.
O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi,
wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la,
eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe.
Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo
na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene,
eye wotsɔ wò ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã
na anyigbadzilã wɔadãwo.
Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem,
eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.
Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo,
eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí.
 
O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?
Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea?
Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?
Trɔ wò dziku helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ
siwo menya wò o la dzi
kple fiaɖuƒe siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.
Elabena wovuvu Yakob,
eye wogbã eƒe denyigba.
 
Mègawɔ na mí ɖe mía fofowo ƒe nu vɔ̃ nu o;
na wò nublanuikpɔkpɔ nava do go mí kaba,
elabena míeɖo xaxa gã aɖe me.
O! Mawu, mía Ɖela,
kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta.
Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo
ake mí le wò ŋkɔ la ta.
10 Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be,
“Afi ka woƒe Mawu la le?”
 
Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be,
èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.
11 Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò,
tsɔ wò asi ƒe ŋusẽ ɖe
ame siwo wotso kufia na.
12 O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo
do wò la teƒe na wo zi adre.
13 Ekema mí wò dukɔ,
wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee,
eye tso dzidzime yi dzidzime
míaɖe wò kafukafu afia.