Psalmo 87
Korah ƒe viwo ƒe ha.
Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.
Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo
wu Yakob ƒe nɔƒewo katã.
 
O! Mawu ƒe du,
wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò.
Sela
“Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe
ame siwo nyam la dome,
nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti,
magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ”
Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be,
“Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma,
eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”
Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be,
“Wodzi esia le Zion.”
Sela
 
Ne wole ha dzim la, woadzi ha be,
“Nye agunuwo katã le mewò.”