Psalmo 88
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Enye nufiameha si Ezrahitɔ Heman kpa; woadzii ɖe Mahalat Leanot ƒe gbeɖiɖi nu.
O! Yehowa, Mawu si ɖem,
mele ɣli dom le ŋkuwò me zã kple keli.
Nye gbedodoɖa nede gbɔwò,
ƒu to anyi ɖe nye kokoƒoƒo ŋu,
elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo,
eye nye agbe ɖo kudo nu.
 
Wobum ɖe ame siwo yi aʋlime la dome;
mele abe ŋutsu si si ŋusẽ mele o la ene.
Woɖem ɖe aga da ɖe ame kukuwo dome,
eye mele abe ame siwo wowu wole yɔdo me la ene,
ame siwo dzi miagaɖo ŋkui o,
eye woɖe wo ɖa le wò dzikpɔkpɔ te.
 
Ètsɔm de ʋe goglotɔ me,
yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me.
Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie,
eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye.
Sela
Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye,
eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo.
Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o,
eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ.
 
O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe,
eye meke nye abɔwo me na wò.
10 Ɖe nàte ŋu aɖe wò nukunuwo afia ame kukua?
Ɖe ame siwo ku la ate ŋu atsi tsitre akafu wòa?
Sela
11 Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me
kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?
12 Ɖe woanya nu le wò nukunuwo ŋu le viviti me,
alo le wò dzɔdzɔenyenyedɔwo ŋu le anyigba manyamanya dzia?
 
13 Ke wò, o Yehowae,
mele ɣli dom na be nàxɔ nam,
eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò.
14 O! Yehowa, nu ka ta nègbem,
eye nèɣla wò mo ɖem ɖo?
 
15 Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã,
eye meɖo kudo nu,
mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta,
eye dzi ɖe le ƒonye.
16 Wò dziku helĩhelĩ tsyɔ dzinye,
eye wò ŋɔdzi gblẽ donyeme.
17 Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene,
eye wonye tsyɔ dzinye.
18 Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye,
eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye.