Psalmo 89
Ezrahitɔ Etan ƒe nufiameha.
Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la ŋu ɖaa,
matsɔ nye nu aɖe gbeƒã wò
nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.
Maɖe gbeƒã be wò lɔlɔ̃ li ke tegbee,
eye nèɖo wò nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ.
Ègblɔ be, “Mebla nu kple nye ame tiatia,
meka atam na David, nye dɔla be,
‘Maɖo wò ƒome anyi tegbee,
eye mana wò fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’ ”
Sela
 
O! Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kafum,
kple wò nuteƒewɔwɔ hã
le ame kɔkɔewo ƒe hame.
Elabena ame kae le dziŋgɔli me
si woatsɔ asɔ kple Yehowa?
Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la,
kae le abe Yehowa ene?
Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ,
ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe.
O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi wò?
O! Yehowa, wò la, ŋusẽtɔe nènye, eye wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò.
 
Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi,
ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi.
10 Ègbã Rahab gudugudu abe
ame siwo wowu la dometɔ ɖeka ene,
eye nètsɔ wò abɔ sesẽ kaka wò futɔwo.
11 Dziƒowo nye tɔwò, anyigba hã tɔwòe;
wòe wɔ xexea me kple emenuwo katã.
12 Wòe wɔ anyiehe kple dziehe;
ne Tabɔr kple Hermon se wò ŋkɔ ko la,
wodzia ha, tsoa aseye.
13 Wotsɔ ŋusẽ de wò abɔ me,
eye wò asi sesẽ, wò nuɖusi de dzi.
 
14 Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi,
eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.
15 Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe,
eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa.
16 Wotsoa aseye le wò ŋkɔ me ŋkeke blibo la,
eye wokpɔa dodoɖedzi le wò dzɔdzɔenyenye me.
17 Elabena wòe nye woƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ,
eye to wò amenuveve me, nèkɔ míaƒe dzo ɖe dzi.
18 Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa tɔ,
miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
 
19 Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na wò
ame kɔkɔewo le ŋutega me be,
“Metrɔ ŋusẽ kɔ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi;
medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome.
20 Meke ɖe David, nye dɔla
ŋu, eye mesi ami nɛ kple nye ami kɔkɔe.
21 Nye asi alée ɖe asi,
le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe.
22 Futɔ aɖeke mazi edzi wòadzɔ ga nɛ o,
eye ame vɔ̃ɖi aɖeke matee ɖe to o.
23 Mafanya eƒe futɔwo le eŋgɔ,
eye maƒo ame siwo tso ɖe eŋu la aƒu anyi.
24 Nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la anɔ anyi kplii,
eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi to nye ŋkɔ dzi.
25 Makɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu dzi,
eye eƒe nuɖusi ɖe tɔsisiwo dzi.
26 Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu,
nye Agakpe kple Ɖela.’
27 Matsɔe awɔ nye ŋgɔgbevi
kple fia si wodo ɖe dzi wu
le anyigbadzifiawo katã dome.
28 Malé nye lɔlɔ̃ nɛ me ɖe asi ɖaa,
eye nye nubabla kplii mada
le edzi akpɔ gbeɖe o.
29 Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee,
eye zi ale si dziƒo li la,
nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii.
 
30 “Ne viawo gblẽ nye sewo ɖi,
eye womewɔ nye ɖoɖowo dzi o,
31 ne woda le nye sedede dzi,
eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la,
32 ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe
woƒe nu vɔ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to
na wo ɖe woƒe vodadawo ta,
33 gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi,
alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o.
34 Nyemagbe nye nubabla la dzi wɔwɔ o,
eye nyematrɔ nu si nye nu gblɔ la o.
35 Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka
hena ɣeyiɣiwo katã be,
nyemada alakpa na David o.
36 Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee,
eye eƒe fiazikpui ali ke
le nye ŋkume abe ɣe ene.
37 Woaɖoe anyi ɖaa abe ɣleti,
ɖasefo nuteƒewɔla si le dziŋgɔli ŋu ene.”
Sela
 
38 Gake ègbe, èdo vlo, eye nèdo dɔmedzoe ɖe wò
amesiamina ŋu vevie.
39 Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me,
eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me.
40 Ègbã eƒe gliwo,
eye nèwɔ eƒe mɔ sesẽwo wozu aƒedo.
41 Ame siwo katã to afi ma la hae,
eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo.
42 Èdo eƒe futɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi,
eye nèna eƒe ketɔwo katã tso aseye.
43 Èna eƒe yi nu tsi, eye mèkpe ɖe eŋu
le aʋawɔwɔ me o.
44 Èna eƒe ŋutikɔkɔe wu enu,
eye nètsɔ eƒe fiazikpui ƒu gbe ɖe anyigba.
45 Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ,
eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ abe avɔ ene.
Sela
 
46 O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie?
Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea?
Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo?
47 Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi.
Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!
48 Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o,
alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me?
Sela
49 O! Aƒetɔ, afi ka wò lɔlɔ̃ gã tsãtɔ le,
wò lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David
le wò nuteƒewɔwɔ me la le?
50 Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si woɖu fewu le wò dɔla ŋuti
kple ale si nye dzi tsɔ dukɔwo ƒe vlodoame la dzi.
51 O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si wò futɔwo tsɔ
le alɔme ɖem le wò amesiamina ƒe
afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi.
 
 
52 Woakafu Yehowa tegbetegbee!
Amen, ɛ̃, Amen.