Psalmo 101
David ƒe ha.
O! Yehowa, madzi ha le wò lɔlɔ̃
kple afia nyui tsotso ŋuti,
eye madzi kafukafuha na wò.
Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o,
eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ?
 
Mazɔ le aƒenye me
kple dzi si ŋuti mokaka mele o.
Nyematsɔ nu si me vɔ̃ le la aɖo nye ŋkume o.
 
Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo,
womalé ɖe ŋunye o.
Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye,
kadodo aɖeke mele nye kple nu vɔ̃ɖi dome o.
 
Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme,
eye ame si ŋku gã le esi
eye wòdana le dzi me la,
eya nyematɔ ɖe egbɔ o.
 
Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu
le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim.
Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la,
anye nye nunɔla.
 
Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o,
eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o.
 
Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo
le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe.
Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa
le Yehowa ƒe du la me.