Psalmo 102
Hiãtɔ aɖe ƒe gbedodoɖa, esi nu te eŋu, eye wòfa konyi le Yehowa ŋkume.
O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,
eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.
Mègaɣla wò ŋkume ɖem,
ne mele xaxa me o.
Trɔ wò to ɖe gbɔnye,
eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.
 
Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene,
eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.
Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene.
Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be.
Le nye ŋeŋe sesĩe ta la,
meɖi ku zu ƒu ɖeɖe.
Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene,
alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene.
Mele ŋu le aba dzi,
eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene.
Nye futɔwo le alɔme ɖem
le ŋunye ŋkeke blibo la,
eye ame siwo tso ɖe ŋunye
la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui.
Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene,
eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,
10 le wò dziku helĩhelĩ la ta
elabena èdom ɖe dzi,
eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge.
11 Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene,
eye meyrɔ abe gbe ene.
 
12 O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe,
eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime.
13 Ke wò la àtso,
akpɔ nublanui na Zion,
elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃,
ɣeyiɣi ɖoɖi la de.
14 Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ,
eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa
nublanuikpɔkpɔ le wo me.
15 Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu.
16 Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso,
eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me.
17 Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu,
eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.
 
18 Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ,
ale be ame siwo womedzi haɖe o
la nakafu Yehowa be:
19 “Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la,
eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo,
20 be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe,
eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.”
21 Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion
kple eƒe kafukafu le Yerusalem,
22 ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo
ƒo ƒu be woasubɔ Yehowa.
 
23 Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi,
eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ,
24 eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu,
mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o,
wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.
25 Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi,
eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.
26 Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa;
woanyunyɔ abe avɔ ene,
eye àɖɔli wo abe avɔ ene
ahatsɔ wo aƒu gbe.
27 Ke wò la, ègale ale si nènɔ,
eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o.
28 Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me,
eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”