Psalmo 103
David ƒe ha.
O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa;
nu siwo katã le menye la,
mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa,
eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã
wòwɔ na wò la be o.
Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò,
eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.
Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me,
eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.
Ame si tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò didiwo,
ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.
 
Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi.
 
Ena Mose nya eƒe mɔwo,
eye wòna Israelviwo nya eƒe nuwɔwɔwo.
Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu,
medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
Metsɔa nya ɖe ame ŋu ɣe sia ɣi,
alo léa dɔmedzoe ɖi ɖikaa o.
10 Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu,
alo ɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.
11 Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la,
nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.
12 Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la,
nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.
 
13 Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la,
nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,
14 elabena enya ale si wowɔ mí,
eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye.
15 Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene,
edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;
16 ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o,
womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o.
17 Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
18 kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
 
19 Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo,
eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.
 
20 Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa,
mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu,
eye miewɔa eƒe nya dzi.
21 Mikafu Yehowa,
mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã,
mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
22 Mikafu Yehowa,
mi eƒe dɔwɔwɔwo katã,
le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te.
 
O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa.