Psalmo 105
Mida akpe na Yehowa,
miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu
siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,
miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo.
Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,
mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye.
Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,
midi eƒe ŋkume ɖaa.
 
Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,
eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo.
O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la,
eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi la me.
 
Eɖoa ŋku eƒe nubabla
kple se siwo wòde
na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
eyae nye nu si wòbla kple Abraham
kple atam si wòka na Isak.
10 Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene,
eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be,
11 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,
abe wò domenyinu ene.”
 
12 Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,
womesɔ gbɔ o,
eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
13 wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me,
tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me.
14 Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o,
le wo ta, wòka mo na fiawo be,
15 “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,
eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”
 
16 Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi,
eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã,
17 ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef,
ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ.
18 Wode kunyowu afɔ nɛ,
wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ,
19 va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme,
eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nya
naɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe.
20 Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game,
eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee.
21 Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu,
eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla,
22 be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu,
eye wòafia nunya eƒe dumegãwo.
 
23 Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi,
eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene.
24 Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi,
eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo,
25 ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la,
eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu.
26 Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa.
27 Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome
kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi.
28 Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ
elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?
29 Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu,
eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku.
30 Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo,
esiwo ge ɖe woƒe dumegãwo ƒe xɔgãwo me ke.
31 Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ
woƒe dukɔ la katã me.
32 Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi,
eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti
le woƒe anyigba blibo la dzi.
33 Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi,
eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi.
34 Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi,
nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;
35 woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi,
eye woɖu nuku ɖe sia ɖe si le bo dzi hã.
36 Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã
le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi,
esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo.
37 Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika,
eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o.
38 Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo,
elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo.
 
39 Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene,
eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.
40 Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu,
eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.
41 Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa,
eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene.
 
42 Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na
eƒe dɔla Abraham la dzi.
43 Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso,
eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli.
44 Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo,
eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la
va zu domenyinu na wo.
45 Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,
eye woawɔ eƒe sewo dzi.
 
Mikafu Yehowa.