Psalmo 106
Mikafu Yehowa.
 
Mida akpe na Yehowa,
elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu
siwo wòwɔ alo akafui wòade go?
Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi,
ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi.
 
O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem,
va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem,
be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me,
be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la,
eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò.
 
Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene;
míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.
Esi mía fofowo nɔ Egipte la,
womebu wò nukunuwo ŋu o;
womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o,
ke boŋ wodze aglã le ƒu la to,
le Ƒu Dzĩ la to,
gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta,
be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la.
Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie;
ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene.
10 Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me,
eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le.
11 Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi,
eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.
12 Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se,
eye wodzi ha kafui.
 
13 Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo,
eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o.
14 Le gbea dzi la, wodzro nu vevie,
eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ.
15 Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo,
gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome.
 
16 Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me,
ame si ŋuti wokɔ na Yehowa.
17 Anyigba ke nu mi Datan,
eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe.
18 Dzo va fia wo yomedzelawo,
eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo.
19 Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ,
eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga.
20 Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe.
21 Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be,
Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte
22 kple dzesiwo le Hamnyigba dzi
kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to.
23 Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge.
Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la
metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na
eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo.
 
24 Wodo vlo anyigba dzeani la,
eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.
25 Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me,
eye womeɖo to Yehowa o.
26 Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wo
be yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi,
27 woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome,
eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi.
 
28 Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo,
eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o.
29 Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa,
eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome.
30 Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me,
tete dɔvɔ̃ la nu tso.
31 Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛ
hena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ.
32 Le Meriba tsiawo gbɔ,
wodo dɔmedzoe na Yehowa,
eye Mose kpɔ nya le woawo ta.
33 Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti,
eye nya vlowo ge le Mose nu.
 
34 Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o,
35 ke boŋ wotsaka kple dukɔwo,
eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo.
36 Wosubɔ woƒe legbawo,
esi zu mɔ me woge ɖo.
37 Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo
kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo.
38 Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi,
wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu,
ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo,
eye wotsɔ woƒe ʋu gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.
39 Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me,
eye to woƒe nuwɔnawo me,
wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe,
40 eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti,
eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu.
 
41 Etsɔ wo de asi na dukɔwo,
eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi.
42 Woƒe futɔwo te wo ɖe to,
eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te.
43 Eɖe wo zi geɖe,
gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã,
eye wovɔ le eme keŋkeŋ
le woƒe nu vɔ̃ me.
44 Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa,
esi wòse woƒe ɣlidodo;
45 le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi,
eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta.
46 Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo
la kpɔ nublanui na wo.
 
47 O! Yehowa, míaƒe Mawu,
ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome,
be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,
eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu.
 
 
48 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la,
tso mavɔ me yi mavɔ me.
 
Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!”
 
Mikafu Yehowa.