Agbalẽ atɔ̃lia
107
Psalmowo 107–150
Mida akpe na Yehowa,
elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
Ame siwo Yehowa ɖe la negblɔ esia;
ame siwo wòɖe tso futɔ la ƒe asi me,
ame siwo nu wòƒo ƒui tso anyigbawo dzi,
tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe.
 
Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo,
eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o.
Dɔ kple tsikɔ wu wo,
eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me.
Tete wodo ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxa la me,
eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
Ekplɔ wo tẽe yi
ɖe du aɖe si me woanɔ.
Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o
la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na
ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.
 
10 Ame aɖewo nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me,
gamenɔla siwo le fu kpem le gakɔsɔkɔsɔwo me,
11 elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe nyawo ŋuti,
eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe aɖaŋudede.
12 Eya ta wòtsɔ wo de asi na dɔ sesẽ wɔwɔ,
womu sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, eye ame aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o.
13 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me,
eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
14 Eɖe wo le viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖitsiɖi la me,
eye wòtso woƒe gakɔsɔkɔsɔwo.
15 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o
la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,
16 elabena eŋe akɔbligbowo,
eye wòlã gayibɔ ƒe gametiwo me.
 
17 Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to
woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me,
eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta.
18 Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe,
eye woɖo ku ƒe agbowo nu.
19 Wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me,
eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
20 Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo,
heɖe wo tso tsiẽƒe.
21 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o
la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
22 Wonesa akpedavɔ nɛ,
eye woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo afia to aseyetsohawo me.
 
23 Ame aɖewo le meli me zɔ atsiaƒu dzi,
wonye asitsalawo le tɔ gãwo dzi.
24 Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo,
wokpɔ eƒe nukudɔwo le atsiaƒu gɔme,
25 elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi,
eye eƒe tsotsoewo dze agbo.
26 Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme
le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me,
woƒe dzideƒo lolo gbana.
27 Wole mumum sɔgɔsɔgɔsɔgɔ,
le nu klim abe ame siwo mu aha ene,
eye womegale naneke gɔme sem o.
28 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me,
eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
29 Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene,
eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo.
30 Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi,
eye wòkplɔ wo va se ɖe
esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ.
31 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta
kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
32 Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me,
eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me.
 
33 Etrɔ tɔsisiwo wozu gbegbe
kple tsidzɔƒewo wozu kuɖiɖinyigba,
34 eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo
le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
35 Etrɔ gbegbe wòzu tɔʋu,
eye kuɖiɖinyigba zu tsidzɔƒe;
36 afi mae wòkplɔ dɔwuitɔwo be woava nɔ,
eye wotso du si me woanɔ.
37 Woƒã nukuwo ɖe agble me,
wode waingblewo, eye wotse ku geɖe hena xaxa.
38 Eyra wo, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ.
Nenema ke mena woƒe lãhawo dzi ɖe kpɔtɔ o.
 
39 Tete wozu ʋɛ, wobɔbɔ wo ɖe anyi le teteɖeanyi,
dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa me;
40 eye eya ame si trɔa vlododo kɔna ɖe ame ŋkutawo dzi la,
wɔe be wole tsaglãla tsam le gbegbe afi si mɔtoƒe aɖeke mele o.
41 Ke ekɔ hiãtɔwo ɖe dzi tso woƒe hiã me,
eye wòna woƒe ƒome dzi ɖe edzi abe lãhawo ene.
42 Ame dzɔdzɔe kpɔe,
eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu.
 
43 Ame si nye nunyala la,
neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.