Psalmo 143
David ƒe ha.
O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,
lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu,
eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ
kple dzɔdzɔenyenye ta.
Mègabu fɔ wò dɔla o,
elabena amegbetɔ aɖeke
mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.
Futɔ la ti yonyeme,
egbãm ɖe anyigba,
eye wòna menɔ viviti me abe
ame siwo ku xoxo va yi la ene.
Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye,
eye nye dzi wɔ yaa le menye.
Meɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi,
hede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋuti,
eye mebu nu siwo wò asiwo wɔ la ŋuti.
Mekeke nye abɔwo me na wò,
eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò
abe kuɖiɖinyigba ene.
Sela
 
O! Yehowa, tɔ nam kaba,
elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu.
Mègaɣla wò mo ɖem o,
ne menye nenema o la,
manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.
Na ŋdi natsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o
la ƒe nya vɛ nam,
elabena dziwòe meka ɖo.
Fia mɔ si mato lam,
elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.
O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me,
elabena mewòe mebe ɖo.
10 Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu,
elabena wòe nye nye Mawu;
na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm
to anyigba sɔsɔe dzi.
 
11 O! Yehowa, le wò ŋkɔ la ta,
kpɔ nye agbe ta,
le wò dzɔdzɔenyenye ta,
ɖem le xaxa me.
12 Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo;
tsrɔ̃ nye ketɔwo katã,
elabena wò dɔlae menye.