Psalmo 144
David ƒe ha.
Woakafu Yehowa, nye Agakpe la,
ame si fia aʋawɔwɔ nye asi kple asibidɛwo.
Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ,
nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu,
nye Mawu si me mebe ɖo,
ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.
 
O! Yehowa, nu kae nye amegbetɔ be nètsɔ ɖe le eme nɛ
kple amegbetɔvi be nèbua eŋuti?
Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene,
eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene.
 
O! Yehowa, dze wò dziƒowo ne nàɖi va,
eye nàka asi towo ŋu, be woatu dzudzɔ.
Dɔ dzikedzo ɖa woakaka futɔwo,
da wò aŋutrɔ, eye nàtsrɔ̃ wo.
Do wò asi ɖa tso dziƒo nàxɔ nam,
eye nàɖem tso tsi sesẽwo
kple amedzrowo ƒe asi me,
ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa,
eye woƒe nuɖusi blea ame.
 
O! Mawu, madzi ha yeye na wò,
matsɔ kasaŋku, ka ewo tɔ aƒo ha na wò,
10 wò ame si na dziɖuɖu fiawo,
eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me.
 
11 Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me,
ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa,
eye woƒe nuɖusi blea ame.
 
12 Ekema mía viŋutsuwo
le woƒe ɖekakpuime,
anɔ abe ati siwo wode tsii nyuie ene,
eye mía vinyɔnuwo anɔ abe sɔti si ŋu
wota nu ɖo hetsɔ ɖo atsyɔ̃e na fiasã ene.
13 Míaƒe avawo ayɔ fũu
kple nuku vovovowo.
Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo
kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo.
14 Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ.
Ale gli gbagbã maganɔ anyi o,
aboyomeyiyi maganɔ anyi o,
eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o.
15 Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me;
Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa.