Psalmo 145
David ƒe kafukafuha.
Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la.
Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Makafu wò gbe sia gbe,
eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
 
Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu,
elabena ame aɖeke mate ŋu anya
eƒe gãnyenye ƒe goglome o.
Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo
na dzidzime bubu, eye woatu xo
le wò nu dzɔatsuwo ŋu.
Woaƒo nu le wò gãnyenye
ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti,
eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti.
Woaƒo nu le wò ŋɔdzidɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ ŋuti,
eye maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo.
Woaɖu wò nyuiwɔwɔ gbogboawo ƒe azã,
eye woadzi ha atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.
 
Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla;
medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
 
Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame,
eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.
10 O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò,
eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi.
11 Woaƒo nu le wò fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu,
eye woagblɔ nya tso wò ŋusẽ ŋuti,
12 ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo
kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.
13 Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ,
eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me.
 
Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me,
eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.
14 Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi,
eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.
15 Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm,
eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi.
16 Èʋu wò asiwo me, eye nètsɔ nu gbagbe
ɖe sia ɖe ƒe nu si wòdi la nɛ.
 
17 Yehowa nye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã dzi,
eye wòlɔ̃a eƒe nu siwo katã wòwɔ.
18 Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ,
ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.
19 Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo,
esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.
20 Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta,
gake atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.
 
21 Nye nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafu.
Nu gbagbe ɖe sia ɖe nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la
tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.