6
Dzidzɔkpɔkpɔ le ɖekawɔwɔ ŋuti 
  1 Tugbewo ƒe fia,  
afi ka wò lɔlɔ̃tɔ yi?  
Mɔ ka wò lɔlɔ̃tɔ to,  
ne míakpe ɖe ŋuwò adii?   
 2 Nye lɔlɔ̃tɔ yi ɖe eƒe abɔ me;  
eyi atike ʋeʋĩwo ƒe bo dzi,  
ne wòatsa le wo me agbe dzogbenyawo.   
 3 Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ;  
ele tsa ɖim le dzogbenyawo dome.   
 4 Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene,  
ènya kpɔ abe Yerusalem ene,  
eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafoha  
siwo lé aflaga ɖe asi ene.   
 5 Ɖe wò ŋku ɖa le ŋunye;  
wowu gbɔgblɔ nam,  
wò taɖa le abe gbɔ̃ha  
siwo ɖi tso Gilead to dzi la ene.   
 6 Wò aɖuwo fu abe alẽha siwo tso tsileƒe ene.  
Wo katã wole zɔzɔm eveve,  
eye ɖeke metsi akogo o.   
 7 Wò tonuƒui le dzedzem le moxevɔ me  
abe atɔtɔ si woma ɖe eve la ene.   
 8 Fiasrɔ̃wo le blaade, ahiãviwo le blaenyi,  
hekpe ɖe ɖetugbi dzadzɛ siwo mele xexlẽme o la ŋuti;   
 9 gake nye ahɔnɛ si de blibo si le tɔxɛ,  
dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃ɔ lae nye  
ame si nye dzila ƒe malɔ̃nulegbɔa.  
Ɖetugbiawo kpɔe, eye woyɔe be yayratɔ;  
fiasrɔ̃wo kple ahiãviawo hã kafui.   
 10 Ame kae nye esi le dzedzem abe agudzedze ene,  
nyo abe ɣleti ene,  
le keklẽm abe ɣe ene,  
eye wòle zɔzɔm fiatɔe  
abe ɣletiviwoe le asaɖa bɔm ene?   
 11 Meyi ɖe azitiwo te,  
ne makpɔ gbe fɛ̃ siwo le balime,  
ne makpɔe ɖa be wainkawo te tsetse  
alo yevuzitiwo ƒo se mahã.   
 12 Hafi mava nya la,  
nye didi kplɔm yi ɖe nye dukɔ  
ƒe fia ƒe tasiaɖamwo dome.   
 13 Trɔ va, trɔ va,  
O Sulamitɔ trɔ va, trɔ va,  
be míalé ŋku ɖe ŋuwò sẽe!  
Nu ka ta miebe míalé ŋku ɖe Sulamitɔ ŋu  
abe ale si miewɔna ne  
wole Mahanaim ɣe ɖum la ene?