7
Lɔlɔ̃tɔwo ƒe dzeɖoɖo
Wò, dumegã ƒe vinyɔnu,
atokota dze afɔ na wò loo!
Wò zɔzɔme le tɔxɛ abe dzonu vavã
si aɖaŋuwɔla wɔ la ene.
Wò agbɔgbɔnu sɔ tebee abe wainkplu
si me wain si wotɔtɔ la mevɔna le o la ene.
Wò alime keke abe bli si woli kɔe,
eye dzogbenya ɖe to ɖee la ene.
Wò nowo le abe sãdevi eve
siwo nye zi ƒe evenɔviwo la ene.
Wò kɔ le tsralɛ abe nyiɖuxɔ tsrala ene.
Wò ŋkuwo le abe Hesbon ƒe tsita
si le Bat Rabingbo nu la ene.
Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsrala
si dze ŋgɔ Damasko la ene.
Wò ta le tegblẽe abe Karmel to ene,
eye wò taɖa le abe fia ƒe avɔ si
wotsɔ ka vovovowo lɔ̃e la ene.
Eƒe dzedzeme ɖe aboyo fia la.
Èdze tugbe ŋutɔ, eye wò nu hã nyoa ame ŋu.
O lɔlɔ̃, wò nuwɔna ɖe sia ɖe doa dzidzɔ na nye dzi!
Wò kɔkɔme le abe deti ene,
eye wò nowo le toɖoe
abe atikutsetse siwo le kpo ŋuti la ene.
Megblɔ be, “Made deti la dzi,
eye malé eƒe tsetsea ɖe asi.”
Wò nowo nenɔ abe wainkpo siwo le wainka ŋu la ene,
wò gbɔgbɔ naʋẽ lĩlĩlĩ abe aplu ene,
eye wò nu me nenye wain nyuitɔ.
Wain la neto nye lɔlɔ̃tɔ ƒe nu me
kple eƒe aɖutame wɔlii.
10 Menye nye lɔlɔ̃tɔ tɔ,
eye eya hã ƒe dzi le yonyeme.
11 Nye lɔlɔ̃tɔ, va;
na míayi gbe me,
eye míatsi kɔƒe me adɔ.
12 Na míafɔ kaba ayi waingblewo me,
akpɔe ɖa be wainkawo te tsetse,
woƒe seƒoƒowo ke, eye gbotiwo hã le tsetsem mahã;
le afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò.
13 Adrikewo le ya ɖem nyuie,
eye atikutsetse vivi vovovowo
le míaƒe ʋɔtru nu, eye medzra yeyeawo
kple xoxoawo siaa ɖo na wò, nye lɔlɔ̃tɔ.