Zefania
ƒe agbalẽ
1
Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli.
 
Nuxɔxlɔ̃ amewo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋuti
“Makplɔ nu sia nu si
le miaƒe anyigba dzi la ɖa ƒioƒioƒio.”
Yehowae gblɔe.
“Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa;
Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo
kple lã siwo le atsiaƒu me la hã
kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.”
 
“Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã
le anyigba dzi,”
Yehowae gblɔe.
Nugbeɖoɖo ɖe Yuda ŋu
“Mado nye asi ɖe Yuda
kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ.
Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia;
maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla
siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,
ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo,
hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa,
gake wogakaa atam na Molek,
kple ame siwo trɔ le Yehowa yome,
eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.”
 
Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume,
elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame
siwo wòkpe la hã ŋuti.
 
“Le Yehowa ƒe vɔsagbea la,
mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo,
kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo.
Le ŋkeke ma dzi la,
mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui
siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me
kple ŋutasesẽ kple beble.”
10 Yehowa be:
“Le ŋkeke ma dzi la,
avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu,
asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia,
eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi.
11 Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me,
miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃,
eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃.
12 Le ɣe ma ɣi me la,
masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo
le Yerusalem ahe to na wo,
ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene,
eye wogblɔ le woƒe dzi me be,
‘Yehowa mawɔ naneke mí,
eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’
13 Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe,
woagbã woƒe aƒewo,
woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o,
woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.”
Yehowa ƒe ŋkeke gã la
14 Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ,
egbɔna kpuie.
Miɖo to,
le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la,
woado ɣli kple vevesese,
aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma.
15 Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi;
anye hiãgbe kple xaxagbe,
anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe.
Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe,
afu kple tsizidogbe,
16 Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe,
ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe
kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu.
 
17 “Mahe xaxa va ameawo dzi,
eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene,
elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu.
Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene,
eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene.
18 Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la,
woƒe klosalo alo sika
mate ŋu aɖe wo o.”
 
Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo
afia xexea me katã,
elabena atsrɔ̃ ame siwo katã
le anyigba dzi la kpata.