2
Miƒo ƒu! Miƒo ƒu!
O, dukɔ si ŋu mekpena o,
hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo,
eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene,
hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò,
hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò.
Midi Yehowa,
mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui,
mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ;
ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi
le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi.
Nugbeɖoɖo ɖe Filistitɔwo ŋu
Gaza azu aƒedo,
eye Askelon azu gli gbagbã.
Le ŋdɔkutsu me woalɔ Asdod ƒioƒioƒio,
eye woaho Ekron kple ke.
Baba na mi Keretitɔwo,
mi ame siwo le ƒuta;
O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be,
“Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.”
Keretitɔwo ƒe nɔƒe si le ƒuta la,
azu alẽkpo kple nɔƒe na alẽkplɔlawo.
Anye ame mamlɛ siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la tɔ,
afi mae woakpɔ lãnyiƒe le.
Le fiẽ me la, woamlɔ Askelontɔwo ƒe aƒewo me.
Yehowa, woƒe Mawu la
akpɔ wo ta, eye wòagaɖo wo te.
Nugbeɖoɖo ɖe Moab kple Amon ŋu
“Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe
kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo,
ame siwo dzi nye dukɔ,
eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti.
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be,
Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon
abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene,
eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe;
nye ame siwo susɔ la aha wo,
eye woaxɔe le wo si.”
 
10 Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu,
elabena woɖu fewu le Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti.
11 Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi.
Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã
kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le
eƒe anyigba dzi le xexea me godoo.
Nugbeɖoɖo ɖe Kus ŋu
12 “Mi Kustɔwo,
woatsrɔ̃ miawo hã kple yi.”
Nugbeɖoɖo ɖe Asiria ŋu
13 Nenema kee nye anyiehetɔwo hã;
atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi,
eye wòanɔ abe dzogbe ene.
14 Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo.
Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee.
Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma,
akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me,
eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m;
eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu.
Mlɔeba la, ʋuƒo nyui
siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu.
15 Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze,
eye wòle tomefafa me la dzi.
Du sia gblɔ na eɖokui be,
“Le xexea me katã la,
du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.”
Gake azɔ, mikpɔ ɖa,
eyae nye du si gbã gudugudu,
zu gbegbe na lãwo kple xewo!
Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã,
aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o.