3
Nya siwo ava dzɔ ɖe Yerusalem dzi
“Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ,
aglãdzedze kple ɖiƒoƒo.
Mesea ame aɖeke ƒe gbe o,
eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o.
Mexɔ Yehowa dzi se o,
eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o.
Eƒe kplɔlawo le abe dzata
dɔwui si le gbe tem la ene.
Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu
le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.
Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi,
eye wonye ame vɔ̃ɖiwo.
Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la,
eye wodo vlo Mawu ƒe seawo.
Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome,
eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o.
Ŋdi sia ŋdi la,
eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go,
eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o.
Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.
 
“Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo,
megbã woƒe mɔ sesẽwo,
mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo,
eye ame aɖeke megatoa wo dzi o.
Woƒe duwo gbã,
eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o.
Megblɔ na du la be,
‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’
Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe
alo nye tohehe magava edzi o,
gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu,
eya ta mikpɔ nye asi nu,”
Yehowae gblɔe,
“elabena ŋkeke li gbɔna,
matsi tsitre aɖi ɖase.
Meɖoe be maƒo dukɔwo katã
kple fiaɖuƒewo nu ƒu,
eye makɔ nye dɔmedzoe
kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi.
Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.
 
“Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu,
ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye woasubɔe kple nusɔsɔe.
10 Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo
kple nye ame siwo ka hlẽ la,
atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam.
11 Le ɣe ma ɣi la,
ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃
siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o,
elabena maɖe ame siwo katã kpɔa
dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa
le dua me, ale be dadala
aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o.
12 Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo
kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo,
ame siwo xɔ nye, Yehowa
ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome.
13 Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o,
womada alakpa o,
eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o.
Woaɖu nu, amlɔ anyi,
eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.”
 
14 O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli,
kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso,
O Yerusalem vinyɔnuvi!
15 Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa,
eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe.
Yehowa, Israel ƒe fia la
li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame
aɖeke mado ŋɔdzi na wò o.
16 Gbe ma gbe la,
woagblɔ na Yerusalem be,
“Mègavɔ̃ o, O Zion,
eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.
17 Yehowa wò Mawu la li kpli wò,
kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye.
Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò,
atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò,
eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.”
 
18 “Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu,
elabena wonyea agba kple mokaka na mi.
19 Le ɣe ma ɣi la, matu nu
kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la,
makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu,
eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu.
Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo
le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.
20 Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu;
ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee.
Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le
anyigbadzidukɔwo katã dome,
nenye be megbugbɔ mi ɖo te le
miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.”
Yehowae gblɔe.