10
Noa ƒe dzidzimeviwo
Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale:
 
Yafet ƒe viwoe nye:
Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
Gomer ƒe viŋutsuwoe nye:
Askenaz, Rifat kple Togarma.
Yavan ƒe viŋutsuwoe nye:
Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo. (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)
Ham ƒe viŋutsuwoe nye:
Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
Kus ƒe viŋutsuwoe nye:
Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka.
Raama ƒe viŋutsuwoe nye:
Seba kple Dedan.
Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.” 10 Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã. 11 Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala 12 kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la.
13 Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye:
Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, 14 Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
15 Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye:
Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. 16 Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, 17 Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, 18 Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo.
(Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka 19 tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)
20 Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si.
 
21 Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber.
22 Sem ƒe dzidzimeviwoe nye:
Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.
23 Aram ƒe dzizimeviwoe nye:
Uz, Hul, Geter kple Mas.
24 Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber.
25 Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
26 Yoktan ƒe viwoe nye:
Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, 27 Hadoram, Uzal, Dikla, 28 Obal, Abimael, Seba, 29 Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.
30 (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.)
31 Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu.
 
32 Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me.