11
Mɔtutu le Babel
Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko. Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe. Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”
Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la, egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o. Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!”
Ale Yehowa ka wo katã hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Ale du la tsotso nu tso. Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.
Tso Sem dzi va se ɖe Abram dzi
10 Esiae nye Sem ƒe ŋutinya.
 
eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad. 11 Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
12 Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela. 13 Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
14 Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber, 15 eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
16 Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg. 17 Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
18 Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu. 19 Eye esi wòdzi Reu la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asiekɛ (209), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
20 Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug. 21 Eye esi wòdzi Serug la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre (207), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
22 Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor. 23 Eye esi wòdzi Nahor megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve (200), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
24 Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera. 25 Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ (119), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
26 Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran.
Abraham ƒe dzidzimeviwo
27 Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si.
 
Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot. 28 Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko. 29 Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska. 30 Ke Sarai medzi vi aɖeke o. 31 Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran. 32 Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃ (205).