12
Mawu yɔ Abram
Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be,
“Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi,
eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi.
Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo.
Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ.
Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.
Mayra ame siwo ayra wò la,
eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la.
Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.”
Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan. Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.
Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi. Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb.
10 Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte. 11 Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ. 12 Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ 13 Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!” 14 Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu. 15 Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me. 16 Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta.
17 Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesẽ aɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta. 18 Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo? 19 Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!” 20 Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi.