43
Yosef nɔviwo yi Egipte zi evelia
Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o. Esi bli si wotsɔ tso Egipte nɔ vɔvɔm la, wo fofo gblɔ na wo be, “Migayi ne miaƒle nuɖuɖu sue aɖe vɛ na mí.”
Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi! Ne míakplɔ mía nɔvi ayii la, ekema míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na wò. Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’ ”
Israel fa konyi be, “Nu kae dɔ mi ɖa be miagblɔ nɛ be nɔviŋutsu bubu gale yewo si? Nu ka ta miawɔm alea ɖo?”
Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?” Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku. Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee. 10 Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.”
11 Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la. 12 Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae, 13 eye miakplɔ mia nɔvia ayii! 14 Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.”
15 Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume. 16 Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.” 17 Ale aƒedzikpɔla la wɔ nu si wogblɔ nɛ la, eye wòkplɔ wo yi Yosef ƒe fiasã me. 18 Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.
Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.”
19 Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu, 20 eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ, 21 eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ, 22 kpe ɖe ga si míatsɔ aƒle bli fifia la ŋu. Ale si tututu ga la wɔ hafi ge ɖe míaƒe kotokuwo me la, míenya o.” 23 Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.”
Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ. 24 Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo. 25 Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma. 26 Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ.
27 Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?”
28 Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene.
29 Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.” 30 Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe. 31 Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.”
32 Yosef ɖeka nɔ kplɔ̃ ŋu, nɔviawo nɔ kplɔ̃ bubu ŋu, eye Egiptetɔwo hã nɔ kplɔ bubu sãa ŋu, elabena Egiptetɔwo doa vlo Hebritɔwo, eye womeɖua nu kpli wo o. 33 Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ!
34 Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.