44
Yosef ƒe asrafowo lé Benyamin
Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me! Egblɔ nɛ hã be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la wɔ ɖe nu siwo Yosef gblɔ nɛ la dzi. Nɔviawo fɔ fɔŋli, eye wodze mɔ kple woƒe tedziawo. Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã? Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ” Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo nɛ tututu ene.
Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ. Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo? Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna mí ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na wò aƒetɔ tegbetegbe.”
10 Aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Enyo nenema, gake ame si fii la koe azu kluvi, eye ame bubuawo ate ŋu adzo faa.”
11 Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu. 12 Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me! 13 Wodze woƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Wogado agba na woƒe tedziwo, eye wogatrɔ yi dua me.
Yosef nɔviwo dze klo, eye woɖe kuku nɛ
14 Yosef ganɔ eƒe aƒe me esime Yuda kple nɔviawo trɔ va ɖo, eye wodze klo de ta agu nɛ.
15 Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?”
16 Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.”
17 Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.”
18 Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene.
19 “Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã, 20 eye míegblɔ be, ‘Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’ 21 Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’ 22 Ke megblɔ na wò be, ‘Aƒetɔ, ɖevi la mate ŋu adzo le fofoa gbɔ o, elabena eƒe dzodzo ana fofoa naku.’ 23 Ke ègblɔ na mí be, ‘Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.’ 24 Ale míetrɔ yi wò dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si wò nye aƒetɔ gblɔ la nɛ. 25 Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la, 26 míegblɔ be, ‘Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe mɔ na mí míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.’
27 “Ale mía fofo gblɔ na mí be, ‘Mienya be viŋutsu evee dadaa dzi nam, 28 eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. 29 Ne miegakplɔ nɔvia hã dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.’ 30 Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o, 31 ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli mí o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi yɔ me kple nuxaxa. 32 Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’ 33 Meɖe kuku na wò, na matsi afi sia abe wò kluvi ene ɖe ɖevi la teƒe, eye nàna ɖevi la natrɔ kple nɔvia bubuawo. 34 Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.”