10
Alẽkplɔla kple eƒe alẽha
“Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye. Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe. Womadze ame bubu yome o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womede dzesi eƒe gbe o.” Yesu do lo sia na wo, gake womese nya si gblɔm wòle na wo la gɔme o.
Yesu, alẽkplɔla nyui la
Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo, eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye. Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo. 10 Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la.
11 “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta. 12 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe. 13 Apadɔwɔla la sina, elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, eye metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o.
14 “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam, 15 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16 Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.
17 “Fofonye lɔ̃m, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi be magaxɔe. Ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. 18 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”
19 Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo dome. 20 Wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye wòle tsu kum. Migaɖo toe o.”
21 Ke ame bubuwo gblɔ be, “Ame sia ƒe nyawo medze abe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la tɔ ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?”
Yudatɔwo ƒe dzimaxɔse
22 Ŋutikɔkɔŋkekenyui la ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔli, 23 eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me. 24 Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.”
25 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye, 26 gake miexɔe se o, elabena menye nye alẽwo mienye o. 27 Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme. 28 Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, 29 elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. 30 Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.”
31 Yudatɔwo gafɔ kpewo be yewoaƒui, 32 gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”
33 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?”
34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? 35 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o, 36 eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’? 37 Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38 Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.”
39 Ameawo gadi be yewoalée, gake edo go dzo le wo gbɔ. 40 Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la. 41 Enɔ afi sia, eye ame geɖewo va egbɔ. Ameawo gblɔ be, “Togbɔ be Yohanes mewɔ nukunu aɖeke o hã la, nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ŋutsu sia ŋu la nye nyateƒe.” 42 Ame geɖewo xɔ Yesu dzi se le teƒe sia.