11
Lazaro ƒe ku
Azɔ eva eme be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ. Etso Betania, Maria kple nɔvia Marta ƒe du me. (Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.) Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”
Esi Yesu se nya sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la, woakafu Mawu, eye woakɔ Mawu ƒe Vi la ŋuti.”
Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro, gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ. Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina míatrɔ ayi Yudea.”
Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm. 10 Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do.” 11 Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.”
12 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.” 13 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle.
14 Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku, 15 eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.”
16 Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”
Yesue nye tsitretsitsi la kple agbe la
17 Esi Yesu ɖo Betania la, wogblɔ nɛ be Lazaro ku, eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. 18 Betania anɔ abe agbadroƒe eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, 19 eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo. 20 Esi Marta se be Yesu gbɔna la, edo go be yeaɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o.
21 Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o. 22 Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”
23 Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tsitre.” 24 Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.”
25 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe; 26 eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?”
27 Marta ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la.”
Yesu fa avi
28 Esi wògblɔ nya sia la, edzo yi aƒe me, eye wòyɔ nɔvia Maria ɖe kpɔe gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo, eye wòdi be yeakpɔ wò.” 29 Esi Maria se nya sia la, etso enumake yi Yesu gbɔ.
30 Yesu mege ɖe dua me haɖe o, eganɔ afi si Marta va kpee le. 31 Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo.
32 Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”
33 Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu. 34 Ebia be, “Afi ka woɖii ɖo?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, va kpɔ!” 35 Yesu fa avi.
36 Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?”
37 Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nu ka ta ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la mena be ame sia meku o ɖo?”
Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre
38 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.
39 Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”
40 Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”
41 Ale womli kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi, eye wògblɔ be, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. 42 Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.” 43 Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!”
44 Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.”
Woɖo nugbe be woawu Yesu
(Mateo 26:1-5; Marko 14:1-2; Luka 22:1-2)
45 Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se. 46 Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo.
47 Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm. 48 Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.”
49 Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o. 50 Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?”
51 Megblɔ esia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, 52 eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka. 53 Tso ema dzi la, wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu.
54 Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ.
55 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo. 56 Wo dometɔ geɖewo di be yewoakpɔ Yesu, eya ta esi wonɔ tsitre le gbedoxɔa me la, wobia wo nɔewo be, “Alekee nye miaƒe susu? Ele azã la ɖuƒe va gea?” 57 Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée.