12
Wosi ami na Yesu le Betania
(Mateo 26:6-13; Marko 14:3-9)
Esi wòsusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Ami la ƒe ʋeʋẽ xɔ aƒe blibo la me.
Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be, “Nu ka ta womedzra amiʋeʋĩ sia hetsɔ ga la na ame dahewo o ɖo?” Eƒe asi wu ƒe ɖeka ƒe fetu. Megblɔ esia ɖe esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ta o, ke boŋ fiafitɔ wònye; eyae kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi, eye wònɔa ga la fim. Tete Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia be yeadzram ɖo ɖi na nye ɖigbe. Ame dahewo anɔ mia dome ɖaa, ke nyemanɔ mia dome ɖaa o.”
Woɖo nugbe ɖe Lazaro wuwu ŋuti
Esi Yudatɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie be yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ame kukuwo dome la hã. 10 Eya ta nunɔlagãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã, 11 elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dze Yesu yome, eye woxɔ edzi se ɖo.
Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
(Mateo 21:1-11; Marko 11:1-11; Luka 19:28-40)
12 Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. 13 Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be,
“Hosana!”
 
“Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!”
 
“Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!”
14 Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
15 “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi.
Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!”
16 Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ.
17 Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la. 18 Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi yi be yewoaɖakpɔe.
19 Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!”
Helatɔ aɖewo di Yesu
20 Grikitɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekea la dome. 21 Ame siawo va Filipo, ame si tso Betsaida le Galilea la gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, miedi be miakpɔ Yesu.” 22 Filipo hã ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi ɖagblɔe na Yesu.
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de be woakɔ Amegbetɔ Vi la ŋu. 24 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi. Gake ne eku la, etsea ku geɖe. 25 Ame si lɔ̃ eƒe agbe la, abui, ke ame si gbe nu le eƒe agbe gbɔ le xexe sia me, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la.
26 “Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.
Ele be woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi
27 “Azɔ nye dzi le nu xam, ke nya ka magblɔ? Fofo, ɖem le gaƒoƒo sia mea? Gbeɖe, elabena esia ta meva xexea me ɖo. 28 Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋu.”
Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” 29 Esi ameha la se gbe sia la, wogblɔ be dziɖegbee; bubuwo gblɔ be mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ.
30 Yesu gblɔ be, “Miawo ta gbe sia ɖi ɖo, menye tanye o. 31 Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la. 32 Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” 33 Egblɔ nya sia be yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yeala.
34 Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?”
35 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o. 36 Mixɔ kekeli la dzi se esi wòle mia gbɔ, be miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome ɖaɣla eɖokui.
Yudatɔwo ƒe dzimaxɔse
37 Togbɔ be Yesu wɔ nukunu siawo le wo dome hã la, womexɔ edzi se o. 38 Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be,
“Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se?
Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?”
39 Susu sia ta womexɔ edzi se o ɖo, elabena Yesaya gagblɔ be,
40 “Mawu gbã woƒe ŋkuwo,
eye wòna be woƒe dziwo ku atri,
be womagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
alo ase nu gɔme kple woƒe dziwo o,
alo atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòada gbe le wo ŋu o.”
41 Yesaya gblɔ esia, elabena ekpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eŋu.
42 Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me, 43 elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu.
Yesu ƒe nyawo woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu amewo
44 Yesu do ɣli gblɔ be, “Ne ame aɖe xɔ dzinye se la, menye nye ɖeka dzi wòxɔ se o, ke boŋ ame si dɔm la hã. 45 Elabena ne ekpɔm la, ekpɔ ame si dɔm la hã. 46 Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o.
47 “Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me. 48 Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi. 49 Elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm la ƒe nya siwo katã wògblɔ nam be magblɔ lae. 50 Menya be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Eya ta megblɔa nya si Fofo la gblɔ nam be magblɔ la.”