13
Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo
Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo.
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi. Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ. Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.”
Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”
Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”
10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.” 11 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi.
12 Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? 13 Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. 14 Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15 Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la. 16 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o. 17 Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.
Yesu gblɔ nya ɖi tso eyomemɔfiala ŋu
18 “Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’
19 “Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase. 20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.”
(Mateo 26:20-25; Marko 14:17-21; Luka 22:21-23)
21 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”
22 Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o. 23 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. 24 Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.”
25 Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”
26 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.
27 Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme.
Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.” 28 Ke ame siwo le kplɔ̃a ŋu la mese nya si Yesu gblɔ nɛ la gɔme o. 29 Wobu be esi Yuda nye woƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. 30 Esi Yuda ɖu abolo la teti ko la, edzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.
Yesu gblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋu
31 Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi. 32 Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake.
33 “Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.
34 “Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema. 35 To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.”
(Mateo 26:31-36; Marko 14:27-31; Luka 22:31-34)
36 Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”
37 Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.”
38 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”