14
Yesu fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo
Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma. Mienya afi si meyina la xoxo, eye mienya mɔ la hã.”
Yesue nye mɔ si yi Fofo La Gbɔ
Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye, eye miekpɔe hã!”
Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema míaƒe dzi adze eme.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’ 10 Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye. 11 Mixɔe se ko be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ esia dzi se o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta. 12 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ. 13 Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. 14 Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.
Yesu do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe
15 “Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi. 16 Mabia Fofo la, wòaɖo nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, 17 ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi. 18 Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. 19 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe. 20 Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me. 21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.”
22 Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye mí nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?”
23 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. 24 Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ tɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe.
25 “Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. 26 Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi. 27 Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.
28 “Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum. 29 Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ, ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ wo dzi ase. 30 Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o, 31 gake ele be xexea me nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ.
“Azɔ, miva mídzo.