10
Israelviwo ɖu Dziehe Kanaan dzi
Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la, vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo, eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo:
Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.
Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.”
Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu. Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”
Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.”
Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi. 10 Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda. 11 Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.
Ɣe tɔ ɖe teƒe ɖeka
12 Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be,
“Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame,
eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”
13 Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe
aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ!
Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me.
Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene! 14 Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.
15 Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal.
Israelviwo wu Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃
16 Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda. 17 Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la, 18 eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me. 19 Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
20 Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me. 21 Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
22 Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ. 23 Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ. 24 Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo.
25 Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.” 26 Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ.
27 Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe. 28 Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.
29 Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna. 30 Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene.
31 Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi. 32 Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene.
33 Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la.
34 Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu. 35 Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene. 36 Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron. 37 Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o. 38 Wotrɔ azɔ yi Debir. 39 Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.
40 Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene. 41 Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon. 42 Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo. 43 Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.