11
Israelviwo ɖu fia siwo nɔ anyigbeme la dzi
Esi Yabin, Hazor fia se ale si Israelviwo nɔ dukɔwo dzi ɖum la, eɖo du ɖe Yobab, Madɔn fia kple Simron fia kple Aksaf fia, kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu. Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi. Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.
Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ aʋakɔ gã sia o, elabena etsɔ hafi ɣelawoɣi naɖo la, wo katã woazu nu kukuwo le Israel ŋgɔ! Gbã la, tu woƒe sɔwo ƒe atawo, eye nàtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo!”
Yosua kple eƒe amewo va dze futɔwo dzi le vo me le Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o. Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
10 Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia. 11 Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la.
12 Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene. 13 Ke Yosua metɔ dzo du siwo nɔ togbɛwo dzi la ya o, negbe Hazor ko. 14 Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã, 15 elabena nenemae Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, eya hã gblɔ ɖoɖo ma na Yosua, eye eya hã wɔ nu si wogblɔ nɛ. Yosua wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi.
16 Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo. 17 Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã. 18 Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã. 19 Israelviwo mewɔ ŋutifafa kple du aɖeke me tɔwo o, negbe Hivitɔ siwo nɔ Gibeon ko. Wowu ame bubuawo katã, 20 elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
21 Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi. 22 Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod.
23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.