12
Fia siwo dzi woɖu la ƒe ŋkɔwo
Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:
 
Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.
Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te.
Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi.
Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba.
 
Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ ame siawo xoxo, eye Mose tsɔ anyigba la na Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã.
 
Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo. Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã.
 
Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi:
 
Yeriko fia ɖeka,
Ai, si te ɖe Betel ŋu fia ɖeka,
10 Yerusalem fia ɖeka,
Hebron fia ɖeka,
11 Yarmut fia ɖeka,
Lakis fia ɖeka,
12 Eglon fia ɖeka,
Gezer fia ɖeka,
13 Debir fia ɖeka,
Geder fia ɖeka,
14 Horma fia ɖeka,
Arad fia ɖeka,
15 Libna fia ɖeka,
Adulam fia ɖeka,
16 Makeda fia ɖeka,
Betel fia ɖeka,
17 Tapua fia ɖeka,
Hefer fia ɖeka,
18 Afek fia ɖeka,
Lasarɔn fia ɖeka,
19 Madɔn fia ɖeka,
Hazor fia ɖeka,
20 Simrɔn Merɔn fia ɖeka,
Aksaf fia ɖeka,
21 Taanak fia ɖeka,
Megido fia ɖeka,
22 Kedes fia ɖeka,
Yokneam le Karmel fia ɖeka,
23 Nafɔt Dor le ƒuta fia ɖeka.
Goim le Gilgal fia ɖeka
24 kple Tirza fia ɖeka.
 
Ale wotsrɔ̃ fia blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ kple woƒe duwo.