Psalmo 6
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu.
O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me
alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.
Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye.
O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.
Nye luʋɔ le nuxaxa me.
Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa,
va se ɖe ɣe ka ɣi?
 
O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem;
ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o.
Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me?
 
Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta;
metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la,
eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele.
Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu;
womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta.
 
Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo,
elabena Yehowa se nye avifafa.
Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui;
Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve.
10 Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa;
woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.