Psalmo 7
David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ, Kus ƒe nyawo ta.
O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso,
xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me.
Ne menye nenema o la,
woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene,
eye woavuvum ʋayaʋaya,
xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o.
 
O! Yehowa, nye Mawu,
ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu,
ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti
alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la,
ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye;
na be wòafanyam ɖe anyigba,
eye wòana matsi ke me adɔ.
Sela
 
O! Yehowa, tso, le wò dziku me;
tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti.
Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.
Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò.
Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo;
na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la.
O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta,
O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.
O! Mawu dzɔdzɔetɔ,
ame si dzroa susuwo kple dziwo me,
na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso,
eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo.
 
10 Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la,
ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me.
11 Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe,
Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.
12 Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi,
eye wòavu eƒe dati me.
13 Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi,
eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe.
 
14 Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu,
eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la,
adzi beble ƒe vi.
15 Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si
eya ŋutɔ ɖe la me.
16 Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti,
eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
 
17 Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta,
eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.