19
Saul di be yeawu David
Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la, Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi. Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.”
Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi. Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”
Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.”
Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.
Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la. 10 Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo. 11 Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.”
12 Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi. 13 Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ. 14 Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o. 15 Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. 16 Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe.
17 Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?”
Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.”
18 Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt. 19 Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la, 20 eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me. 21 Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã. 22 Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?”
Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.”
23 Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me! 24 Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”