20
David kple Yonatan
Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”
Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”
Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”
Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.”
Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ. Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’ Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye. Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”
Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.”
10 David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?”
11 Yonatan gblɔ be, “Na míayi gbedzi.” Ale wo ame evea yi gbedzi.
12 Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake. 13 Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene. 14 Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o, 15 ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.”
16 Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. 17 Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene.
18 Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie. 19 Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo. 20 Mava da aŋutrɔ etɔ̃ ɖe kpeawo ŋgɔ abe nane medzidze le dadam ene. 21 Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o. 22 Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake. 23 Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.”
24 Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu. 25 Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo. 26 Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o. 27 Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?”
28 Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem. 29 Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.”
30 Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa? 31 Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!”
32 Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”
33 Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o. 34 Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ.
35 Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ. 36 Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu. 37 Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò. 38 Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ. 39 Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme. 40 Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me.
41 Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan. 42 Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.